Mark 4

Lododo tso nukuwula ŋu

(Mateo 13:1-9; Luka 8:4-8)

1Eva eme be ame geɖewo gava ƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le esime wònɔ nu fiam le ƒuta. Le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, ege ɖe ʋu aɖe me eye wònɔ afi ma hafi nɔ nua fiam. 2Efia nu geɖe amewo to lododo me. 3Egblɔ na wo be, “Miɖo to miasee,

“Agbledela aɖe yi nuku wu ge ɖe eƒe agble me.
4Nuku siwo wòwu la ƒe ɖewo ge ɖe mɔto, eye xeviwo va fɔ wo mi. 5Bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi afi si anyi geɖe mele o. Nukua mie enumake, gake esi anyi mesɔ gbɔ o ta la 6esi ŋdɔ ʋu la, eyrɔ, eye wòku elabena eƒe ke mede to o. 7Nuku bubuwo ge ɖe ŋuwo me eye esi wonɔ tsitsim la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi ale be womete ŋu tse ku aɖeke o. 8Ke nuku aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi eye wotse ku blaetɔ̃, ɖewo tse blade eye ɖewo hã tse alafa.” 9Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Ame si tosenu li na la nesee.”

Lododo la ƒe taɖodzinu

(Mateo 17:10-17; Luka 8:9-10)

10Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kpakple nusrɔ̃lawo bubuwo ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga. Nusrɔ̃lawo biae le afi sia be, “Lo si nèdo la gɔme ɖe?” 11Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, wona mɔ mi be mianya mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣlawo, ke woɣla esiawo ɖe ame siwo le fiaɖuƒe godo. 12Mi ɖo ŋku edzi be, ‘Togbɔ be wokpɔa nu eye wosea nu hã la, womele nu gɔme se ge alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ, be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo o.’”

Lododo tsɔ nukuwula ŋu ƒe gɔmeɖeɖe

(Mateo 13:8-23; Luka 8:11-15)

13Ke nenye be miawo hã miete ŋu se lododo bɔbɔe sia gɔme o ɖe, ale ke miawɔ ase esiwo mava do emegbe la gɔme?

14“Agbledela si ŋu meƒo nu tsoe lae nye ame si gblɔa mawunya na amewo, eye wòdina be yeaƒa ku nyuiwo ɖe amewo ƒe agbemɔ dzi. 15Mɔto afi si nuku aɖewo kaka ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ne wose mawunya la, eye Satana va te wo kpɔ ko la, woŋlɔa nya la be enumake. 16Kpenyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea mawunya la eye woxɔnɛ kple dzidzɔ. 17Gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la wo ƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la woyrɔna.

18“Ŋunyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea nyanyui la eye woxɔnɛ ɖe woƒe dziwo me. 19Gake xexe sia me ƒe dzitsitsi ɖe kesinɔnuwo ŋu, hloloetsotso na dzidzedzekpɔkpɔ kple xexeame ƒe nudzroame geɖewo vana zua ŋu vuna tsyɔa Mawu ƒe nya si wose la dzi eye metsea ku aɖeke o.

20“Azɔ anyigba nyui lae nye ame siwo xɔa Mawu ƒe nya la le nyateƒe me eye wòtsea ku geɖe na Mawu, zi blaetɔ̃, zi blaade alo zi gbɔ zi alafa ɖeka kura hã.”

Lododo tso akaɖi si le afianu te la ŋu

(Luka 8:16-18)

21Yesu yi edzi bia nusrɔ̃lawo be, “Nenye be ame aɖe si akaɖi ɖe, ɖe wòtsɔa nu tsyɔa edzi be megaklẽ oa? Gbeɖe, ne wòwɔ esia la, ekema ame aɖeke mate ŋu akpɔ nu kple akaɖia alo awɔ eŋuti dɔ o. Ne wosi akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ na amewo eye wòanye ŋudɔwɔnu na wo.

22“Nu siwo katã le ɣaɣla fifia la, ava dze le gaglãgbe gbe ɖeka. 23Ne tosenu li na mi la, misee! 24Mikpɔ egbɔ be miewɔ ɖe nu siwo miese la dzi elabena ne miele esia wɔm la, ekema miase nu siwo katã mefia mi la gɔme. 25Ame si si nu le la eyae woana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ sue si le esi la gɔ̃ hã le esi.

Lododo tso nuku ƒe tsitsi le eɖokui si ŋu

26“Lo bubu si fia ale si mawufiaɖuƒea le lae nye esi: ‘Agbledela aɖe ƒã nuku ɖe eƒe abɔ me eye wòdzo, 27ke le ŋkeke aɖewo megbe la, nukua ŋutɔ tsi le eɖokui si eye agbledela mena kpekpeɖeŋu aɖeke o, elabena anyigba ŋutɔ nyo xoxo. 28Gbã la aŋgba fɛ̃wo do, emegbe la nukua ƒo se eye mlɔeba la etse ku. 29Azɔ agbledela la yi agblea me eye wòxa nukua.’”

Lododo tso logoku ŋu

(Mateo 13:31-32; Luka 13:18-19)

30Yesu yi edzi bia wo be, “Ale ke gɔ̃ maɖe ale si mawufiaɖuƒe lii la afia mi. Lo ka tututue mate ŋu ado wòasɔ kplii? 31Mawufiaɖuƒea le abe ʋuti ƒe ku si nye nuku suetɔ kekeake ene. 32Togbɔ be ele alea hã la, ne woƒãe la etsina zua ati dzɔtsutɔwo dometɔ ɖeka eye wòɖea alɔ legbe siwo me xeviwo wɔa atɔ ɖo hekpɔa gbɔɖeme le wo me.”

Lododowo ŋudɔwɔwɔ

(Mateo 13:34-35)

33Yesu wɔ lododo ƒomevi geɖe ŋuti dɔ hetsɔ fia nu amewo. Ewɔ esi sinu gɔme amewo ate ŋu ase la ŋuti dɔ. 34Le nyateƒe me, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋuti dɔ wòwɔna ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe vovo la, eɖea wo gɔme na wo.

Yesu tsi ahom nu le ƒudzi

(Mateo 8:23-27; Luka 8:22-25)

35Esi ɣe nɔ to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mina míatso ƒua ayi eƒe go evelia dzi.” 36Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me eye wodze mɔ, hegblẽ ameha la ɖe ƒua ta, ke ʋu bubuwo hã dze wo yome. 37Esi wozɔ yina sẽ la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia wɔ be ƒutsotsoewo ŋe ɖe ʋua me ale gbegbe be wòsusɔ vie ko ʋua nanyrɔ̃. 38Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya mlɔ suɖui bɔbɔe aɖe dzi le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae kple vɔvɔ̃ be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔ̃m oa?”

39Yesu blu ɖe ya la ta enumake eye wòɖe gbe na ƒua hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake eye ƒua zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ.

40Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifĩ laa hã, miexɔ dzinye se oa?”

41Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka ŋutɔ gɔ̃e nye ame sia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”

Copyright information for EweBEE